Philippians 3

1mlɔeba la nɔviwo,dzi ne dzɔ mi le aƒetɔ la me. Be ne maŋlɔ nusiawo ke ɖo ɖe mi la,menye kuɣi o,eye ana mianɔ dedee, 2minɔ ŋudzɔ le avuawo ŋuti.Minɔ ŋudzɔ le dɔlwɔla vɔɖiawo ŋuti.Minɔ ŋudzɔ le amesiwo dea abi woƒe ŋutila ŋu la ŋuti. 3Elabena mi amesiwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lai enye aʋatsotso ŋutɔŋutɔ,miekpɔa dzidzɔ le kristo Yesu me,enye mieɖɔa dzi ɖe ŋutila ŋu o

4Ke yeŋutɔ boŋ ye aɖoŋu ɖe ŋutila ŋu xafi.Ne ameaɖe bu be yeeɖoa dzi ɖe ŋutila ŋu la,nyea tɔnye wui. 5Wotso aʋa nam le ŋkeke enyiagbe,wodzim menye Israel ƒe dzidzimevi ,eye metso benyamin ƒe to la me.Hebritɔ tso hebritɔwo dome eye le sea ŋu la menye farisitɔ.

6Me tsɔ dzo nɔame me tsi hame la yome eye menye mokaka manɔ ŋuti lesea ƒe dzɔdzɔɛnyenye wɔwɔdzi me. 7Gake nusiwo nye viɖe nam la woe meva bu numaɖi nuwoe le kristo me

8E azɔ wo kata le name abe nu bubuwo ene le esi menya kristo si nye aƒetɔ la to sidzedze si ƒo wo kata ta la ŋuti ,amesia ŋuti meblenu nuwo kata ɖi eye mebuwo aɖukpodzinuwoe bena kristo nanye viɖe nam. 9Eye azɔ mekpɔ ɖokuinye le eme , dzɔdzɔenyenye mele asinye tso se la me o,ke boŋu dzɔdzɔenyenye su asinye tso mawu gbɔ to kristo dzi xɔxɔse me. 10Enye dzɔdzɔenyenye ne wodzesi ,eƒe tsitre tsitsi ƒe ŋusɛ kple ɖekawɔwɔ kpli le eƒe fukpekpe me,eye wotrɔ nye nɔnɔme hene sɔsɔ kpli le eƒe kume. 11Bene makpɔ tsitretsitsi le ku megbe.

12Nenem nusiawo mesu asinye haɖe o.Eyata ye mekpɔ de bliblo haɖe o.vɔ la menye edzi kple veviedodo bena nye asi nasu, nusi ta yesu ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. 13Nɔviwo,nye mebu be nye ŋutɔ nye asi su edzi haɖe o,gake nu ɖeka mewɔ enye esi;meŋlɔ be nusiwo le megbe nye,eye nusiwo le ŋgɔ nye la nyam mele. 14Meyi dzi le ʋiʋlim ɖo ta taɖodzinu la gbɔ bena maxɔ dziƒo fetu tso Mawu gbɔ le yesu kristo me.

15Eyata mina mi ame alesinu tsi la,nasusu nenemake.Eye ne mie susu nu bubu aɖe ŋuti la,Mawu aɖe eya ha afia mi. 16Aleke woɖa nye ha la,ne mieva ɖo ɖoƒe sia la,elebe miazɔ le ɖoɖo ma me ɖe eŋu.

17Nɔviwo,miwɔ ɖeka kplim eye mia ɖim,eye miale ŋku ɖe amesiwo le zɔzɔm ɖe miaƒe kpɔɖeŋu la ŋu. 18Megblɔnɛ na mi edziedzi,eye megale egblɔm na mi kple aɖatsiwo,bena ame geɖewo le agbe nɔm abe kristo ƒe atsitsoga ƒe futɔwo ene. 19Woƒe nuwuwu enye tsɔtsrɔ,eye woƒe mawu enye woƒe ƒodo,eye woƒe dzidzɔkpɔkpɔ enye ŋukpɛ,anyigba dzi nuwo ŋuti wobua tame lena.

20Ke miawo ya la miaƒe dumevinyenye le dziƒo,afisi ha miele ɖela aɖe lalam tsoe,si nye Aƒetɔ Yesu Kristo. Eya atrɔ miaƒe ŋutila gbɔgbɔwo woazu abe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutila ene,si eƒe ŋusɛ wɔ bena woaɖu nuwo kata dzi.

21

Copyright information for EweULB